Luke 5:17-26

Yesu da gbe le lametututɔ aɖe ŋu

(Mateo 9:1-8; Marko 2:1-12)

17Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu fiam la, Farisitɔwo kple agbalẽfialawo va teƒea va nɔ to ɖomii. Ame siawo tso du siwo katã le Galilea, Yudea kple Yerusalem. Aƒetɔ la ƒe dɔyɔŋusẽ va edzi be wòada gbe le wo ŋu.

18Kasia, ame aɖewoe nye si kɔ lãmetututɔ aɖe ɖe aba dzi va doe. Wodze agbagba ɖe sia ɖe be yewoato ameha la dome akɔe yi Yesu gbɔe, 19gake womete ŋui o le ameha la ta. Le esia ta wolia xɔa eye woɖe do ɖe etame, heɖiɖi lãmetututɔa ɖe Yesu kɔme tututu.

20Esi Yesu kpɔ wo ƒe xɔse la egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

21Faristɔwo kple agbalẽfiala siwo nɔ ameawo dome la bia wo nɔewo be, “Ame ka ƒomevi tututu ame sia buna be yenye? Egblɔ busunya! Elabena ame kae ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake tsɔ wu Mawu?”

22Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo be, “Nu kae nye busunya? Ɖe nu vɔ̃ tsɔtsɔke sẽ wu gbedada le ame ŋua? 23Nye si nye Mesia la ŋusẽ le asinye le anyigba sia dzi be matsɔ nu vɔ̃wo ake eya ta maɖe ŋusẽ sia 24afia mi kɔtɛe to gbedada le ŋutsu sia ŋu me.” Ale wògblɔ na lãmetututɔ la be, “Tsi tre nàŋlɔ wò aba nàyi aƒeme.”

25Ame sia ame ke ŋku ɖi be yeakpɔ nu kasia ŋutsua tsi tre ɖe eƒe afɔ eveawo dzi, ŋlɔ eƒe aba eye wòɖo ta aƒeme henɔ Mawu kafum bobobo. 26Ame siwo katã nɔ afi ma la ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ ɖo wo, wokafu Mawu nɔ gbɔgblɔm be, “Míekpɔ nu madzɔkpɔ aɖe egbe.”

Copyright information for EweBEE